Hadith Representative
Barang siapa mengambil ghanimah sebelum pembagian resmi, maka ia berbuat khianat (ghulul)
Imam Bukhari : 2844حَدَّثَنَا مُسَدَّدٌ حَدَّثَنَا يَحْيَى عَنْ أَبِي حَيَّانَ قَالَ حَدَّثَنِي أَبُو زُرْعَةَ قَالَ حَدَّثَنِي أَبُو هُرَيْرَةَ رَضِيَ اللَّهُ عَنْهُ قَالَقَامَ فِينَا النَّبِيُّ صَلَّى اللَّهُ عَلَيْهِ وَسَلَّمَ فَذَكَرَ الْغُلُولَ فَعَظَّمَهُ وَعَظَّمَ أَمْرَهُ قَالَ لَا أُلْفِيَنَّ أَحَدَكُمْ يَوْمَ الْقِيَامَةِ عَلَى رَقَبَتِهِ شَاةٌ لَهَا ثُغَاءٌ عَلَى رَقَبَتِهِ فَرَسٌ لَهُ حَمْحَمَةٌ يَقُولُ يَا رَسُولَ اللَّهِ أَغِثْنِي فَأَقُولُ لَا أَمْلِكُ لَكَ شَيْئًا قَدْ أَبْلَغْتُكَ وَعَلَى رَقَبَتِهِ بَعِيرٌ لَهُ رُغَاءٌ يَقُولُ يَا رَسُولَ اللَّهِ أَغِثْنِي فَأَقُولُ لَا أَمْلِكُ لَكَ شَيْئًا قَدْ أَبْلَغْتُكَ وَعَلَى رَقَبَتِهِ صَامِتٌ فَيَقُولُ يَا رَسُولَ اللَّهِ أَغِثْنِي فَأَقُولُ لَا أَمْلِكُ لَكَ شَيْئًا قَدْ أَبْلَغْتُكَ أَوْ عَلَى رَقَبَتِهِ رِقَاعٌ تَخْفِقُ فَيَقُولُ يَا رَسُولَ اللَّهِ أَغِثْنِي فَأَقُولُ لَا أَمْلِكُ لَكَ شَيْئًا قَدْ أَبْلَغْتُكَوَقَالَ أَيُّوبُ عَنْ أَبِي حَيَّانَ فَرَسٌ لَهُ حَمْحَمَةٌ
Egblɔ na mí [Musaddad] gblɔ na mí [Yahya] tso [Abu Hayyan] gblɔ be yegblɔ nam [Abu Zur’ah] gblɔ be yegblɔ nam [Abu Hurairah Allah nakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu] gblɔ be; Nyagblɔɖila sallallaahu'alaihiwasallam tsi tre ɖe mía ŋgɔ eye emegbe wòƒo nu tso ghulul -aʋawɔ aboyonu xɔxɔ hafi mae- eye wò -xlɔ̃ nu- tso nuvɔ̃ ƒe lolome kple nuwɔna sia me tsonuwo ŋu. Egblɔ be: ‘Nyateƒee, mado go mia dometɔ ɖeka le qiyamat ŋkekea dzi si gbɔ̃ le ɣli dom le kɔ dzi, eye sɔ le ɣli dom le kɔ dzi esime wòle gbɔgblɔm be; ‘Oo Allah ƒe dɔla, kpe ɖe ŋunye’, emegbe meɖo eŋu be; ‘Ŋusẽ sue aɖeke mele ŋunye ɖe dziwò o. Megblɔe na wò -ne èle xexeame-'. Eye medo go ame aɖe si si tedzi nɔ ʋuʋum le eƒe kɔ megbe, esime wònɔ gbɔgblɔm be; ‘Oo Allah ƒe dɔla, kpe ɖe ŋunye’, emegbe meɖo eŋu be: ‘Ŋusẽ suetɔ kekeake mele asinye ɖe dziwò o. Megblɔe na wò -ne èle xexeame-'. Eye medo go ame aɖe si si sika kple klosalo ƒuƒu aɖe le eƒe kɔ megbe eye wògblɔ be; ‘Oo Allah ƒe dɔla, kpe ɖe ŋunye’, emegbe meɖo eŋu be: ‘Ŋusẽ sue aɖeke mele asinye ɖe dziwò o. Metsɔe yi na wò -ne èle xexeame-', Eye medo go ame aɖe si si avɔgbadzɛ le kɔ megbe eye wògblɔ be; ‘Oo Allah ƒe dɔla, kpe ɖe ŋunye’, emegbe megblɔ be: ‘Ŋusẽ suetɔ kekeake aɖeke mele asinye ɖe dziwò o. Megblɔe na wò -ne èle xexeame-'. Eye [Ayyub] tso [Abu Hayyan] gbɔ gblɔ be; '-Eye ame aɖe- si ƒe kɔ megbe sɔ si le ɣli dom le'.